Galatians 2

Apostoloawo xɔ Paulo

1Le ƒe wuieve megbe la, megayi Yerusalem. Azɔ la, mekplɔ Barnaba ɖe asi eye Tito hã va. 2Meyi le Mawu ƒe gbeɖeɖe nam nu be mayi aɖawɔ takpekpe kple nɔvi siwo le afi ma tso gbeƒã si ɖem menɔ na Trɔ̃subɔlawo la, ŋu. Meƒo nu kple hamedzikpɔlawo ɖeɖe ko ale be woase nu si tututu fiam menɔ la gɔme eye menɔ mɔ kpɔm be woalɔ̃ ɖe edzi be nye nufiafia nye nyateƒe. 3Wolɔ̃ ɖe edzi hã. Womezi Tito, nye kpeɖeŋutɔ dzi be woatso aʋa nɛ gɔ̃ hã o, togbɔ be Tito menye Yudatɔ o hã. 4Ame aɖewo nɔ afi ma siwo yɔa wo ɖokuiwo be “Kristotɔwo,” ke wonye alakpatɔwo. Ame siawo va be yewoafi ŋku akpɔ mí eye yewoase nu tso ablɔɖe si míena mía ɖokuiwo tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me ŋuti. Ne menye ame siawo tae o la, ne aʋatsotso ƒe nya gɔ̃ hã medo ta ɖa o. Wodi be yewoatsɔ yewoƒe sewo abla mí abe ale si kluviwo nɔa kɔsɔkɔsɔwo me ene. 5Ke míeɖo to wo kura o, elabena míedi be míaflu mi, ana miabu be ame ate ŋu akpɔ ɖeɖe to aʋatsotso kple Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o.

6Naneke menɔ hamea dzikpɔla gã siwo nɔ afi ma la si woatsɔ akpe gbeƒã si menɔ ɖeɖem o. Nyemetsɔ ɖeke le woƒe hamedzikpɔla gãwo nyenye me o, elabena amewo katã sɔ le Mawu ŋkume. 7Ke boŋ wokpɔe be wotsɔ nyanyui la gbɔgblɔ na Trɔ̃subɔlawo ƒe dɔ de asi nam, abe ale si wotsɔ Yudatɔwo tɔ de asi na Petro hã ene. 8Elabena Mawu, ame si li kple Petro le eƒe dɔwɔwɔ me abe apostolo na Yudatɔwo ene la, eya kee li kpli nye hã le nye dɔwɔwɔ me abe apostolo na Trɔ̃subɔlawo ene. 9Yakobo, Petro kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la, wona habɔbɔ ƒe asi nye kple Barnaba esi wokpɔ amenuveve si wona mí la dzesii. Wolɔ̃ hã be míawo míayi Trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi Yudatɔwo gbɔ. 10Nya ɖeka si ko wogblɔe nye be ele be míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be míakpe ɖe ame dahewo ŋu. Nye ŋutɔ hã metsi dzi ɖe nu sia ŋu.

Paulo tsi tre ɖe Petro ŋu

11Ke esi Petro va Antioxia la, eva hiã be matsi tsitre ɖe eŋu sesĩe le amewo ŋkume eye mahe nya ɖe eŋu vevie le nu masɔmasɔ si wɔm wònɔ la ta. 12Esi wò ɖo tetee la, eɖu nu kple kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo mebui be mele be woatso aʋa kokoko eye woalé Yudatɔwo ƒe se bubu geɖewo me ɖe asi o. Ke emegbe la, esi Yudatɔ aɖewo, ame siwo nye Yakobo xɔlɔ̃wo va la, megalɔ̃ be yeaɖu nu kple wo o, elabena enɔ vɔvɔ̃m na nu si ame siawo, siwo lé Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi sesĩe eye wogblɔna be aʋatsotso le vevie na ɖeɖekpɔkpɔ la agblɔ. 13Ale kristotɔ bubuawo katã, ame siwo nye Yudatɔwo la zu alakpanuwɔlawo. Barnaba gɔ̃ hã nɔ ame siawo dome. Wodze Petro ƒe kpɔɖeŋu yome le esime wonya nu wu ema hafi. 14Esi mekpɔ nu si nɔ edzi yim eye mede dzesii be womenɔ nyateƒe tom tututu le nu si woxɔ se ŋuti o, eye womenɔ zɔɔzɔm ɖe nyateƒe si le nyanyui la me nu o la, megblɔ na Petro le ame bubuawo katã ŋkume be, “Togbɔ be ènye Yudatɔ dzidzia hã la, èɖe asi le Yudatɔwo ƒe sewo ŋu xoxoxo; eya ta nu ka tae nètrɔ kpata hele didim be yeana ame siawo, ame siwo menye Yudatɔwo o la, nawɔ seawo dzi mahã? 15Nye kple wò siaa míenye Yudatɔ dzidziawo; menye Trɔ̃subɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla dzodzrowo míenyee o. 16Ke mí kristotɔ siwo nye Yudatɔwo la, míenyae nyuie be míate ŋu adze Mawu ŋu to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, ke boŋ to Yesu Kristo ame si ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ɖa la dzixɔse ɖeɖe ko me. Ale míawo hã míeɖo ŋu ɖe Yesu Kristo ŋu be Mawu axɔ mí le xɔse ta, eye menye be míewɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi ta o. Elabena ame aɖeke makpɔ xɔxɔ le seawo dzi wɔwɔ ta akpɔ o.”

17Ke ne míexɔ Kristo dzi se be aɖe mí eye míedze sii be míeda vo eya ta míate ŋu akpɔ ɖeɖe o, negbe ɖe ko wotso aʋa na mí eye míewɔ Yudatɔwo ƒe se bubuawo dzi hafi la, ɖe mele be míagblɔ be Kristo dzixɔsee na míedza vo oa? Gbeɖe, Mawu nana be ame aɖeke nabu nu sia tɔgbi ɖe míaƒe Aƒetɔ la ŋu o. 18Míanye nu vɔ̃ wɔlawo ne míagadze dzixɔse xoxo siwo mele agbagba dzem be maɖe ɖa la me léle ɖe asi gɔme, anɔ bubum be Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ana míakpɔ ɖeɖe. 19Elabena to Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la xexelẽ mee meto va nya be nyemate ŋu adze Mawu ŋu gbeɖe to agbagbadzedze be mawɔ seawo dzi me o, elabena medana ƒu. Meva dzesii bena, míate ŋu adze Mawu ŋu to Kristo dzixɔse me ko.

20Woklãm ɖe ati ŋu kple Kristo eye nye ŋutɔ nyemegale agbe o ke boŋ Kristo le agbe le menye. Agbe si tututu le menye fifia la tso ale si mexɔ Mawu Vi la dzi se la gbɔ, ame si lɔ̃m eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye. 21Nyemenye ame siwo bua Kristo ƒe ku abe nu si ŋu gɔmesese aɖeke mele o ene la dometɔ ɖeka o. Elabena ne Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe mí la, ekema mehiã be Kristo naku o.

Copyright information for EweBEE